2 Corinthians 13

Nuxɔxlɔ̃ mamlɛawo

1Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔ̃e ɖe mawunya mee ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.” 2Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ ɖo o, 3elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristoa megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome. 4Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke, míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me míele agbe be míasubɔ mi. 5Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema le midzro mia ɖokuiwo me. Ɖe miekpɔ dzesi be Kristo le mia me oa? Negbe ɖee mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o. 6Mexɔe se be mi katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me. 7Míaƒe gbedodoɖae nye be, mianɔ agbe dzadzɛ. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi alo miede ŋgɔ o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la ele be miawo ya miawɔ nu nyui. 8Míaƒe dɔdeasi enye be míado ŋusẽ mi be miawɔ nu dzɔdzɔetɔ le ɣeawokatãɣi, ke menye nu vɔ̃ o. 9Enye dzidzɔ na mí ne wobu mí ame gblɔewo eye woɖe alɔme le mía ŋu ke miawo miesẽ le xɔse me. Míaƒe gbedodoɖa kple didi vevi enye be miatsi ɖe edzi le Kristo me.

10Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o. Elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋutidɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.

Gbedoname Mamleawo

11Mawu nye agbalẽa nu kple nya mamletɔ siawo bena, Minɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa. Mitsi ɖe edzi le Kristo me. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi. 12Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo. 13Nɔvi kristotɔ siwo katã le gbɔnye afii la do gbe na mi nyuie. 14Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe habɔbɔ nanɔ anyi kple mi katã.

Copyright information for EweBEE